Mark 1:16-20

Yesu yɔ nusrɔ̃la gbãtɔ eneawo

(Mateo 4:18-22; Luka 5:1-11)

16Gbe ɖeka esi Yesu ɖi tsa to Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ Simɔn kple nɔvia Andrea wonɔ asabu dam ɖe ƒua me elebena ɖɔkplɔlawoe wonye.

17Yesu yɔ wo hegblɔ na wo be, “Miva dze yonyeme ne mawɔ mi miazu amewo ɖelawo.” 18Enumake wogblẽ woƒe asabuwo ɖi hedze eyome. 19Esi wozɔ ƒua ta yina sẽ la, Yesu gakpɔ Zebedeo viŋutsuwo, Yakobo kple Yohanes hã wonɔ ʋu me nɔ woƒe ɖɔwo sam. 20Eyɔ woawo hã be woadze ye yome, ale wogblẽ wo fofo Zebedeo kple ɖɔkplɔviawo ɖi hekplɔ Yesu ɖo enumake. Yesu gblɔ nya eye wòyɔ dɔ dɔlélawo.

Copyright information for EweBEE